Ezekiel 28:2 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“Ame vi, gblɔ na Tiro fia be, Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Le wò dzi ƒe dada me la, ègblɔ be, “ ‘Mawu aɖe menye, menɔ anyi ɖe fia aɖe ƒe fiazikpui dzi le atsiaƒu titina.’ Ke amegbetɔ ko nènye, menye mawu aɖekee nènye o, togbɔ be èbuna be yenya nu abe mawu aɖe ene hã.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Amevi, gblɔna Tiro-amegã be: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Esi wò dzi le dadam, eye nele gbɔgblɔm be, Mawu yenye, eye Mawu ƒe nɔƒe yele le atsiaƒu titina, eye nèwɔ wò dzi abe Mawu to ene, evɔ wònye amegbetɔ nènye, eye menye Mawu o la, —
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Amegbetɔ vi, gblɔ na Tiro-megã be, Aƒetɔ Mawu be: Elabe wò dzi yɔ kple dàda, eye nègblɔ be: ‘Mawu menye, mawuwo ƒe zikpui dzie menɔna le atsiaƒu titina’; ke amegbetɔ ko nènye, mènye mawu o, togbɔ be èbua ɖokuiwò nunyala abe mawu ene hã.