Ezekiel 28:22 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
eye nàgblɔ be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: “ ‘Metso ɖe ŋuwò, O! Sidon, eye makpɔ nye ŋutikɔkɔe tso mewò. Woanya be nyee nye Yehowa ne mehe to nɛ, eye mefia ɖokuinye kɔkɔe le eme.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
gblɔ bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Zidon, mele ƒoƒo ge ɖe dziwò, eye makɔ ɖokuinye ŋu le mewo, eye wòadze sii be, nyee nye Yehowa, nenye be, medrɔ̃ ʋɔnui, eye mekɔ ɖokuinye ŋu ɖe eŋuti.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Gblɔ be, Aƒetɔ Mawu be: O Sidon, kpɔ ɖa, metso ɖe ŋuwò, eye maɖe nye ŋutikɔkɔe afia le mewò. Woadze sii be, nyee nye Aƒetɔ, ne medrɔ̃ ʋɔnu le eme, eye meɖe nye ŋutikɔkɔe fia le eme.