Ezekiel 28:24 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“ ‘Eye ame vɔ̃ɖiwo maganɔ anyi aƒo xlã Israelviwo, ame siwo ƒe aɖewo nye ŋu tɔame kple aŋɔka wɔnuveviame o. Ekema woanya be nyee nye Aƒetɔ Yehowa.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye ŋu tɔame kple aŋɔka wɔnuveviame maganɔe na Israel ƒe aƒe la tso amesiwo ƒo xlã wo godoo, eye wole vlo dom wo la si me o, ne woadze sii be, nyee nye Aƒetɔ Yehowa.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Ke le Israel-dukɔ la gome la, ŋu si tɔa ame kple aŋɔka si wɔa nu vevi ame la maganɔ dukɔ siwo katã ƒo xlãe, eye womekpɔa wo ɖe naneke me o la dome o. Ekema woadze sii be, nyee nye Aƒetɔ Mawu.”