Ezekiel 28:25 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“ ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Ne meƒo ƒu Israelviwo tso dukɔ siwo me wokaka wo ɖo me la, mafia ɖokuinye kɔkɔe le wo dome le dukɔwo ŋkume. Ale woanɔ woawo ŋutɔ ƒe anyigba si metsɔ na nye dɔla, Yakob la dzi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Ne meƒo Israel ƒe aƒe la nu ƒu tso dukɔ, siwo katã dome wokaka ɖo dome la, ekema makɔ ɖokuinye ŋu ɖe wo ŋuti le dukɔwo ŋku me, eye woano woƒe anyigba, si metsɔ na nye dɔla Yakob la dzi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Aƒetɔ Mawu be: “Ne meƒo Israel-dukɔ la nu ƒu tso dukɔ siwo dome wokaka ɖo la dome, eye meɖe nye ŋutikɔkɔe fia le wo dome le dukɔwo ŋkume la, ekema woanɔ woawo ŋutɔ ƒe anyigba si metsɔ na nye dɔla Yakob la dzi.