Ezekiel 28:26 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Woanɔ dedie le afi ma, woatu xɔwo, eye woade waingble, woanɔ dedie ne mehe to na ame siwo katã ƒo xlã wo, eye wodoa vlo wo. Ekema woanya be, nyee nye Yehowa, woƒe Mawu.’ ”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Woanɔ edzi bɔkɔɔ, eye woatu xɔwo ahade weingblewo; ne medrɔ̃ ʋɔnu amesiwo katã le vlo dom wo le goawo katã me la, woawo ano anyi bɔkɔɔ, eye wòadze sii be, nye Yehowa ye nye woƒe Mawu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Woanɔ dedie le edzi, eye woatu xɔwo ade waingblewo. Ne medrɔ̃ ʋɔnu ame siwo katã ƒo xlã wo, siwo womekpɔna ɖe naneke me o la, woawo woanɔ anyi bɔkɔɔ. Ekema woadze sii be, nye Aƒetɔ ye nye woƒe Mawu.”