Ezekiel 28:7 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
makplɔ amedzrowo aƒu wò, dukɔ si me tɔwo mekpɔa nublanui na ame kura o. Woatsɔ woƒe yi ɖe wò nyonyo kple wò nunya ŋu, eye woagblẽ wò atsyɔ̃ gã la me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
eyata kpɔ ɖa, makplɔ du bubu me to, siwo nye ŋutasẽlawo aƒu wò dukɔ, woadi yi ɖe wò nunya ƒe nyonyo ŋu, eye woado gu wò atsyɔ̃.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
kpɔ ɖa, makplɔ amedzrowo woava dze dziwò, dukɔ siwo sẽa ŋuta ŋutɔŋutɔ; woaɖe woƒe yiwo ɖe wò nunya ƒe nyonyo ŋu eye woagblẽ kɔ ɖo na wò atsyɔ̃.