Ezekiel 29:18 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“Ame vi, Nebukadnezar, Babilonia fia, ho aʋa kple eƒe dukɔ ɖe Tiro ŋu; tawo katã bebe, eye abɔtawo katã ɖe bo. Ke eya kple eƒe aʋakɔ mekpɔ fetu aɖeke tso aʋahoho ɖe Tiro ŋu me o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Amevi, Babel-fia Nebukadnezar na eƒe aʋakɔ wɔ dɔ sesẽ ɖe Tiro ŋu, tawo katã bebe, eye abɔtawo ɖe bo, ke eya kple eƒe aʋakɔ la mekpɔ fetua ɖeke tso Tiro gbɔ ɖe dɔ, si wòwɔ ɖe eŋu la la o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Amegbetɔ vi, Babilon-fia Nebukadnezar na eƒe aʋakɔ tso hloloe ɖe Tiro ŋu. Wowɔe ʋuu woƒe tawo katã bebe, eye woxɔ abi ɖe abɔta keŋkeŋ. Ke eya ŋutɔ loo, alo eƒe aʋakɔ la mekpɔ fetu aɖeke tso woƒe fukpekpe la me tso Tiro o.