Ezekiel 29:21 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“Le ŋkeke ma dzi la, ŋusẽ aɖo Israel ƒe aƒe ŋu, eye maʋu wò nu na wò le wo dome. Ekema woanya be nyee nye Yehowa.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ɣemaɣi la mana Israel ƒe aƒe la nato dzo, eye maʋu nu na wò le wo dome, ne wòadze sii be, nyee nye Yehowa.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Gbe ma gbe la, mana Israel ƒe aƒe la nato dzo, eye maʋu nu na wò le wo dome. Ekema woanyae be, nyee nye Aƒetɔ.”