Ezekiel 29:3 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Gblɔ nɛ be, ‘Alea Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: “ ‘Metso ɖe ŋuwò, Farao, Egipte fia, wò lã gã wɔadã le wò tɔsisiwo me. Egblɔna be, “Nil tɔsisi la nye tɔnye. Nyee wɔe na ɖokuinye.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ƒo nu gblɔ bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Egipte-fia Farao, mele ƒoƒo ge ɖe dziwò, wò lo gã, si tsyɔ akɔ ɖe Nil-tɔsisi titina hele gbɔgblɔm be: „Tɔnyee nye tɔsisi la, eye nyee wɔe.“
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ƒo nu nàgblɔ be, Aƒetɔ Mawu be: Kpɔ ɖa, metso ɖe ŋuwò, Egipte Fiagã, ƒumeʋɔdriba gã si mlɔ anyi ɖe eƒe tɔwo me, si gblɔna be: ‘Nye Nil-tɔsisi la, nye ŋutɔ tɔnyee; Nyee wɔe.’