Ezekiel 29:5 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Magblẽ wò ɖe gbegbe, wò kple wò tɔwo me lãwo katã; àdze gbadzaƒe dzi, womafɔ wò alo atsɔ wò o. Mawɔ wò nàzu nuɖuɖu na gbemelãwo kple dziƒoxeviwo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Matsɔ wò aƒu gbe ɖe gbegbe, eye nadze dogba dzi le gbe me, womafɔ wò aƒo ƒu o, eye womaɖi wò o, matsɔ wò awɔ nuɖuɖui na gbemelãwo kple dziƒoxewo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Matsɔ wò aƒu gbe ɖe gbedadaƒo, wò kple wò tɔmelãwo katã. Miage adze gbadzaƒe le gbedzi, eye womafɔ mi aƒo ƒu ɖi o. Metsɔ wò na gbemelãwo kple dziƒoxewo be woaɖu.”