Ezekiel 3:1 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Eye wògblɔ nam be, “Ame vi, ɖu nu si le wò ŋkume, ɖu agbalẽ sia, eye nàɖaƒo nu na Israel ƒe aƒe la.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wògblɔ nam bena: Amevi, ɖu nusi kpam nèle la! Ɖu agbalẽ sia, eye yi naɖaƒo nu kple Israel ƒe aƒe la.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Egblɔ nam be: “Amegbetɔ vi, ɖu nu si wotsɔ na wò la. Ɖu agbalẽ sia, eye yi nàɖaƒo nu na Israel-dukɔ la.”