Ezekiel 3:17 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“Ame vi, mewɔ wò gbetakpɔla na Israel ƒe aƒe la, eya ta se nya si magblɔ la, eye nàna nuxɔxlɔ̃ wo tso gbɔnye.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Amevi, metsɔ wò ɖo dzɔla na Israel ƒe aƒe la be, ne èse nyaa ɖe tso nunye me la, naxlɔ̃ nu wo nam.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Amegbetɔ vi, meɖo wò dzɔlae na Israel-dukɔ la. Nenye be èse nya tso nunye me la, nàgbe nya na wo nam.