Ezekiel 3:18 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ne megblɔ na ame vɔ̃ɖi aɖe be, ‘Èle kuku ge godoo,’ eye mèxlɔ̃ nui alo ƒo nu kplii hena wòɖe asi le eƒe mɔ vɔ̃ɖi ŋu, ale be wòaɖe eƒe agbe o la, ame vɔ̃ɖi ma aku le eƒe nu vɔ̃ ta, eye mabia eƒe ʋu ƒe akɔnta tso asiwò me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ne megblɔ na ame vɔ̃ɖi be: „Ele kuku ge,“ eye mexlɔ̃ nui heƒo nu kplii be, ame vɔ̃ɖi la nakpɔ eɖokui dzi ɖe eƒe mo vɔ̃ɖiwo ŋu, ne woatsi agbe o la, ekema ame vɔ̃ɖi la aku le eƒe vodadawo ta; ke asiwò me mabia eƒe ʋu le.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ne mègblɔ na ame vɔ̃ɖi la be: ‘Àku godoo,’ eye mègbe nya nɛ loo, alo xlɔ̃ nui be wòakpɔ eɖokui dzi le eƒe mɔ vɔ̃ dzi, ne wòatsi agbe o la, ame vɔ̃ɖi ma aku ɖe nuvɔ̃ɖi wɔwɔ me. Ke mabia eƒe ʋu tso asiwò me.