Ezekiel 3:20 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“Nenema ke, ne ame dzɔdzɔe aɖe ɖe asi le eƒe dzɔdzɔenyenye ŋu hewɔ nu vɔ̃, eye meda nu si wòakli ɖe mɔ me nɛ la, aku. Esi mèxlɔ̃ nui o ta la, aku le eƒe nu vɔ̃ ta. Womagaɖo ŋku nu dzɔdzɔe siwo wòwɔ la dzi o, eye mabia eƒe ʋu tso asiwò me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ne ame dzɔdzɔe ɖe asi le eƒe nu dzɔdzɔe wɔwɔ ŋu hewɔ nu vɔ̃ɖi la, ekema maɖo nu nɛ, wòakli aku. Elabena esi mèxlɔ̃ nui o la, eyata woku le eƒe nuvɔ̃wo ta ɖo, eye womagaɖo ŋu eƒe nu dzɔdzɔe, siwo wòwɔ la o; ke asiwò me mabia eƒe ʋu le.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Nenema ke ne nu dzɔdzɔe wɔla dzudzɔ nu dzɔdzɔe wɔwɔ, eye wòwɔ nuvɔ̃ɖi, eye meɖo nu nɛ wòkli la, aku. Elabe mègbe nya nɛ o. Aku le eƒe nuvɔ̃ ta, eye womaɖo ŋku eƒe nu dzɔdzɔe siwo wòwɔ va yi la dzi o. Ke mabia eƒe ʋu tso asiwò me.