Ezekiel 30:11 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Woakplɔ eya kple eƒe aʋakɔ, ame siwo mekpɔa nublanui na amewo le dukɔwo katã dome o la, vɛ be woagblẽ anyigba la. Woaɖe woƒe yi le aku me ɖe Egipte ŋu, eye woana ame kukuwo nayɔ anyigba la dzi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Woakplɔ eya kple eƒe dukɔ, si nye dukɔ sẽŋuta la vɛ, ne woagblẽ anyigba la, woadi woƒe yiwo ɖe Egipte ŋu, eye woatsɔ ame tsiaʋawo ayɔ anyigba dzi fũ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Eya kple eƒe dukɔ, ame siwo doa ŋɔdzi na ame la, woakplɔ wo vɛ be woava tsrɔ̃ anyigba la. Woaɖe woƒe yiwo ɖe Egipte ŋu, eye anyigba la ayɔ fũu kple ame tsiaʋawo.