Ezekiel 30:18 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Tapanhes ƒe ŋkeke ado viviti, ne mekaka Egipte ƒe kɔkuti; afi mae Egipte ƒe ŋusẽ, si dzi wòdana ɖo la, aɖo eƒe seƒe le. Lilikpo atsyɔ edzi, eye woaɖe aboyo eƒe duwo me tɔwo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ŋkeke ado viviti le Taxpanxes, ne meŋe Egipte ƒe atikplɔ, eye mena eƒe ŋusẽ ƒe adegbeƒoƒo nu tso; blukɔ atsyɔ eya ŋutɔ, eye woade aboyo eƒe duwo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Viviti ado le ŋkeke me le Taxpanxes, ne meŋe alɔ na Egipte ƒe dziɖuɖu le afi ma, eye mena ŋusẽ si wotsɔ ƒoa adegbee la nu tso. Alilikpo ado blukɔ ɖe edzi, eye via nyɔnuviwo ayi aboyo me.