Ezekiel 30:25 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Mado ŋusẽ Babilonia fia ƒe abɔwo, ke Farao ya ƒe abɔwo aku ɖe eŋuti. Ekema woanya be, nyee nye Yehowa, ne metsɔ nye yi de asi na Babilonia fia be woanyee le yame ɖe Egipte ŋu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Mado ŋusẽ Babel-fia ƒe alɔ, ke Farao ƒe alɔ aɖiɖi ɖe anyi, ne wòadze sii be, nyee nye Yehowa, ne metsɔ nye yi de asi na Babel-fia, be wòado ɖe Egipte-nyigba dzi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Mado ŋusẽ Babilon-fia ƒe alɔ, ke Egipte Fiagã ƒe alɔ age le eŋu. Woadze sii be, nyee nye Aƒetɔ. Nenye be metsɔ nye yi de asi na Babilon-fia la, aɖee ɖe Egipte-nyigba la ŋu.