Ezekiel 30:6 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“Ale Yehowa gblɔe nye esi: “ ‘Egipte dzi nɔlawo adze anyi, eye eƒe ŋusẽ si dzi wòdana ɖo la ayi to tso Migdol va se ɖe Aswan; woatsi yinu le eme.’ Aƒetɔ Yehowa gblɔe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ale Yehowa gblɔ esi; Egipte ƒe ziɔɖeŋu amũ, eye eƒe ŋusẽ ƒe adegbeƒoƒo ayi to; woatsi yi nu tso Migdol vaseɖe Siene, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Aƒetɔ be: “Ame siwo de megbe na Egipte la, adze anyi, eye eƒe ŋusẽ si dzi wòdàna ɖo la, ayi to tso Migdol va se ɖe Siene. Woatsi yi nu le eme, Aƒetɔ Mawu ye gblɔe.