Ezekiel 31:12 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
eye amedzro dukɔ si mekpɔa nublanui kura o la tsɔe ƒu anyi hedzo le egbɔ. Eƒe alɔdzewo dze towo kple balimewo katã dzi; eƒe alɔdzewo ŋe, kaka ɖe anyigba la katã dzi. Dukɔwo katã le anyigba dzi do le eƒe vɔvɔli te, eye wogblẽe ɖi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Du bubu me tɔ, siwo nye dukɔ sẽŋutawo la, lae, eye wotsɔe ƒu anyi; eƒe alɔwo dze towo dzi kple baliwo katã me, eye eƒe alɔwo fli ɖe anyigba ƒe gbadza ƒe wo katã; anyigba dzi dukɔwo katã dzo le eƒe vɔvɔli te hegblẽe ɖi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Amedzro siwo dzi ŋɔ wu le dukɔwo dome lae atsoe ƒu anyi, adzo le egbɔ. Eƒe alɔwo adze towo dzi kple baliwo katã me. Eƒe alɔ gãtɔwo afli atsi tɔʋuwo katã me le anyigba la dzi, eye anyigba dzi dukɔwo katã adzo le eƒe vɔvɔli te, agblẽe ɖi.