Ezekiel 31:14 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Eya ta ati bubu siwo le tsiwo to la dometɔ aɖeke magada le eƒe kɔkɔ ta o, eye woƒe ɖɔme magakɔ wu avemeti bubuawo tɔwo o. Ati bubu siwo le tsiwo to la magade dzi nenema o. Ele na wo katã be woaku kokoko ayi tome, anɔ ame kukuwo dome kple ame siwo ayi aʋlime.’
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
ne ati, siwo katã le tɔ to, magaƒo adegbe le woƒe koko ta, woƒe ɖɔmee magato alilikpo, eye woƒe ŋusẽtɔ, siwo katã nye tsinolawo la, magaɖo dzi ɖe wo ɖokui ŋu le woƒe gãnyenye me o! Elabena kuviwo wo katã wonye, eye wòayi tsieƒe abe amegbetɔvi, siwo yi aʋli me la ene.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Nu siawo katã awɔe be ati siwo le tɔ to la ƒe ɖeke magakɔ ade dzi bobobo ne eƒe ɖɔme naɖatɔ alilikpowo o, eye ati siwo kpɔ tsi nyuie la ƒe ɖeke magakɔ ade enu o. Elabe wo katã wodzɔ na ku, dzɔ na agbe. Wole yɔme yi ge kple amegbetɔ siwo yi aʋlime la.”