Ezekiel 31:16 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Mena eƒe anyidzedze ƒe ɖiɖi na dukɔwo dzo nyanyanya, esi mena wòge ɖe yɔdo me kple ame siwo yi aʋlime. Ekema atiwo katã le Eden, Lebanon ƒe ati nyuitɔwo, ati siwo katã ŋu tsi nɔ nyuie, wofa akɔ na wo katã le aʋlime.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eƒe anyidzedze ƒe ɖiɖi na dukɔwo dzo nyanyanya esi mena wòyi tsieƒe kpe ɖe aʋli me yilawo ŋu; eye Eden-tiwo katã, Libanon ƒe ati tiatia nyuitɔwo, siwo katã nye tsinolawo, fa akɔ na wo ɖokui le tsieƒe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Mana dukɔwo nadzo nyànyanya le eƒe anyidzedze si ɖi la ta. Ne meɖoe ɖe tsiẽƒe kpe ɖe ame siwo yi aʋlime la ŋu, eye ati siwo le Eden kple ati tiatia nyuitɔwo kekeake le Lebanon, esiwo katã noa tsi la, woakpɔ akɔfafa le yɔme.