Ezekiel 31:18 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“ ‘Ati siwo nɔ Eden la dometɔ kae woatsɔ asɔ kpli wò le nyonyo kple fianyenye me? Ke woatsɔ wò hã akpe ɖe Eɖen ƒe atiwo ŋuti ade yɔdo me. Ànɔ aʋamatsomatsotɔwo dome, akpe ɖe ame siwo tsi yinu la ŋuti. “ ‘Ame siawoe nye Farao kple eƒe ame gbogboawo’ Aƒetɔ Yehowae gblɔe.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Azɔ Eden-tiwo dometɔ ka nèsɔ kpli le atsyɔ̃ kple lolo gome? Ke woatsɔ wò aƒu tsieƒe akpe ɖe Eden-tiwo ŋu; bolotɔwo dome namlɔ le amesiwo woda yii la gbɔ. Farao kple eƒe ame gbogboawo katã nye esia, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ame kae sɔ kplii le lolome kple atsyɔ̃ me le ati siwo le Eden la dome? Woatutu wò akpe ɖe ati siwo le Eden la ŋu aɖo ɖe yɔme. Mia kple bolobolotɔwoe amlɔ teƒe ɖeka kpe ɖe ame siwo tsi yi nu le aʋa me la ŋu.” “Egipte Fiagã sia kple etevi gbogboawo ƒe nyae nye esia.” Aƒetɔ Mawu ye gblɔe.