Ezekiel 32:22 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“Asiria le afi ma kple eƒe aʋakɔ blibo la; eƒe ame siwo wowu la ƒe yɔdowo ƒo xlãe, ame siwo katã tsi yinu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Asur kple eƒe amehawo katã le afima, woƒe yɔdowo ɖe to ɖee, ame tsiaʋawo soŋ wonye, eye wotsi yi nu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Asiriatɔwo kple woƒe amehawo katã le afi ma. Woƒe yɔdowo ƒo xlãe, wonye ame tsiaʋa siwo tsi yi nu la sɔŋ.