Ezekiel 32:27 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ɖe womemlɔ aʋawɔla bubuawo, ame siwo nye bolotɔwo dome, ame siwo ku, woyi yɔdo la me kple woƒe aʋawɔnuwo, ame siwo ƒe yi wotsɔ da ɖe woƒe ta te oa? Woƒe nu vɔ̃wo ƒe tohehe le woƒe ƒuwo dzi togbɔ be aʋawɔla siawo ƒe ŋɔdzidoname xɔ agbagbeawo ƒe anyigba dzi hã.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Womemlɔ kalẽtɔ, siwo tsi aʋa gbadegbe ke, amesiwo tsɔ woƒe aʋawɔnuwo yi tsieƒe, wotsɔ woƒe yi ziɔ tae, eye woƒe vodadawo lé de woƒe ƒuwo ŋu la gbɔ o, evɔ wònye kalẽtɔawo de ŋɔdzi agbagbeawo ƒe anyigba dzi hafi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Womemlɔ blema kalẽtɔ siwo tsi aʋa, eye woyi tsiẽƒe kple woƒe aʋawɔnu siwo wotsɔ wɔ kɔziɔe la gbɔ o, ame siwo ƒe akpoxɔnuwo mlɔ woƒe ƒuwo dzi. Elabe ŋɔdzidoname kple kalẽwɔwɔ la, agbe me ko wole.