Ezekiel 32:29 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“Edom le afi ma, eƒe fiawo kple fiaviŋutsuwo katã. Togbɔ be wonye ŋusẽtɔwo hã la, wotsɔ wo mlɔ ame siwo tsi yinu la dome. Womlɔ bolotɔwo kple ame siwo yi aʋlime la dome.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Edom kple eƒe fiawo kpakple eƒe amegãwo katã le afima, wotsɔ wo mlɔ amesiwo woda yii la gbɔ, evɔ wònye ŋusẽ le wo ŋu hafi; womlɔ bolotɔwo kple aʋli me yilawo gbɔ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Edom le afi ma kple eƒe fia kpakple amegãwo, wo ame siwo sẽ ŋutɔŋutɔ la. Woawo hã mlɔ aʋatsilawo dome, le bolobolotɔwo dome kple aʋlimeyilawo.”