Ezekiel 32:30 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“Anyiehe fiaviwo katã kple Sidontɔwo katã le afi ma. Woyi aʋlime kple ŋukpe kple ame siwo wowu le ŋɔdzi si woƒe ŋusẽ do na amewo megbe. Womlɔ anyi aʋamatsomatsoe kple ame siwo yi aʋlime.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Anyiehe amegãwo katã kple Zidonitɔwo katã le afima, woyi ame tsiaʋawo gbɔ, eye ŋukpe lé wo, evɔ wònye woƒe ŋusẽ dzi ŋɔ hafi; azɔ wonye bolotɔwo mlɔ amesiwo woda yii la gbɔ, eye ŋu akpe wo akpe de aʋli me yilawo ŋu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Amegã siwo tso dzigbeme la le afi ma. Wo katã kple Sidontɔwo katã, ame siwo yi yɔme kple ŋukpe kple aʋatsilawo. Elabe le ŋɔdzi siwo katã wodo na amewo kple woƒe ŋusẽ megbe la, womlɔ anyi aʋamatsomatsoe kple aʋatsilawo, eye wolé ŋukpe ɖe ta yi kple aʋlimeyilawo.”