Ezekiel 32:31 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“Farao, eya kple eƒe aʋakɔ blibo la, akpɔ wo, eye woafa akɔ na wo le woƒe ame gbogbo siwo tsi yi nu la ta. Aƒetɔ Yehowae gblɔe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Farao akpɔ amesiawo, eye wòafa akɔ na eɖokui le eƒe ame gbogboawo katã ta; amesiwo woda yii enye Farao kple eƒe aʋakɔ blibo la, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Nenye be Egipte Fiagã kpɔ wo la, afa akɔ na eɖokui ɖe eƒe ameha gbogboawo ta, Egipte Fiagã la kple eƒe aʋakɔwo katã, ame siwo tsi yi nu. Aƒetɔ Mawu ye gblɔe.