Ezekiel 33:12 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“Eya ta Ame vi, gblɔ na wò dukɔmetɔwo be, ‘Ame dzɔdzɔe ƒe dzɔdzɔenyenye maɖee, ne egbe toɖoɖo o, eye ame vɔ̃ɖi ƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi mana wòaku, ne etrɔ dzi me o. Ne ame dzɔdzɔe wɔ nu vɔ̃ la, womaɖe mɔ nɛ be wòanɔ agbe le eƒe tsã ƒe dzɔdzɔenyenye ta o.’
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Amevi, gblɔ na mia ɖeviwo bena: Ame dzɔdzɔe ƒe dzɔdzɔenyenye maɖee le gbesigbe wòda ƒu o, eye ame vɔ̃ɖi ƒe nu vɔ̃ɖi wowu mana wòadze anyi le gbesigbe wòɖe asi le eƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ŋu o; eye ame dzɔdzɔe mate ŋu atsi agbe le gbesigbe wòwɔ nuvɔ̃ o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Azɔ wò amegbetɔ vi, gblɔ na wò dukɔmetɔwo be: Ame dzɔdzɔe ƒe nu dzɔdzɔe wɔwɔ mate ŋu aɖee, ne eda se dzi o. Ame vɔ̃ɖi ƒe nuvɔ̃ɖi wɔwɔ matsrɔ̃e, ne etrɔ tso eƒe nuvɔ̃ɖi wɔwɔ gbɔ o. Ame dzɔdzɔe ƒe nu dzɔdzɔe wɔwɔ mate ŋu ana wòanɔ agbe, ne ewɔ nuvɔ̃ o.