Ezekiel 33:13 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ne megblɔ na ame dzɔdzɔe la be aku godoo, ke wòɖo ŋu ɖe eƒe dzɔdzɔenyenye ŋu, eye wòwɔ nu vɔ̃ la, womaɖo ŋku nu dzɔdzɔe siwo wòwɔ va yi la dometɔ aɖeke dzi o; aku le nu vɔ̃ si wòwɔ la ta.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ne megblɔ na ame dzɔdzɔe be, anɔ agbe kokoko, gake wòɖe asi dziɖoɖo me ɖe eƒe dzɔdzɔenyenye ŋu, eye wòwɔ nu vɔ̃ɖi la, ekema womagaɖo ŋu eƒe dzɔdzɔenyenyewo katã o, ke boŋ eƒe nu vɔ̃ɖi, si wòwɔ la, eyae ana wòaku.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Togbɔ be megblɔ be nu dzɔdzɔe wɔla atsi agbe godoo hã la, ne eka ɖe eƒe nu dzɔdzɔe si wòwɔna la dzi eye wòwɔ nuvɔ̃ɖi la, womaɖo ŋku eƒe nu dzɔdzɔe wɔwɔ aɖeke dzi o. Ke nuvɔ̃ɖi si wòwɔ la mee wòaku ɖo.