Ezekiel 33:24 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“Ame vi, ame siwo le du gbagbã mawo me le Israelnyigba dzi la le gbɔgblɔm be, ‘Ame ɖeka pɛ koe nye Abraham, ke anyigba la nye etɔ. Ke míawo ya, míesɔ gbɔ. Eme kɔ ƒãa be míawoe wotsɔ anyigba la na be wòanye mía tɔ.’
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Amevi, glikpo dzi vi, siwo le Israel-nyigba dzi la, le gbɔgblɔm be: Abraham la eya ɖeka koliae nɔ anyi, ke exɔ anyigba la wònye etɔ, miawo la míesɔ gbɔ, míawoe wotsɔ anyigba la na, be wòanye mia ta.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Amegbetɔ vi, ame siwo tsi aƒedo me le glikpo siawo dzi le Israel-nyigba la dzi la le gbɔgblɔm kokoko be: ‘Abraham la, ame ɖeka ko wònye, gake exɔ anyigba la. Ke esi míawo míesɔ gbɔ la, ɖikeke aɖeke mele eme o, be wotsɔ anyigba la na mí wòzu mía tɔ.’