Ezekiel 33:26 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Mieɖoa ŋu ɖe miaƒe yi ŋu, miewɔa ŋunyɔnuwo, eye mia dometɔ ɖe sia ɖe gblẽ kɔ ɖo na nɔvia srɔ̃. Ekema ɖe anyigba la anye mia tɔa?’ ”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Miele dzi ɖom ɖe miaƒe yiwo ŋu, miewɔ ŋunyɔnu, eye amesiame gblẽ kɔ ɖo na ehavi srɔ̃ tso, hafi miebe, anyigba la nanye yewo tɔa?
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Miele gogom ɖe miaƒe yiwo ŋu, miele ŋunyɔnuwo wɔm, eye mia dometɔ ɖe sia ɖe dea asi ehavi srɔ̃ ŋu. Ɖe anyigba la aganye mia tɔa?