Ezekiel 33:30 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“Ke wò ya la, Ame vi, wò dukɔmetɔwo le nu ƒom le ŋuwò le gliwo ŋu kple le woƒe aƒetɔ ƒe ʋɔtruwo nu. Wole gbɔgblɔm na wo nɔewo be, ‘Miva se gbedeasi si tso Yehowa gbɔ.’
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Amevi, mia ɖeviwo le nu ƒom le ŋuwò le gliwo ŋu kple xɔwo ƒe ʋɔtruwo nu, eye wole gbɔgblɔm le wo nɔewo dome bena: Miva, ne míase gbe, si tso Yehowa gbɔ!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Ke wò amegbetɔ vi ya la, wò dukɔmevi siwo tɔ ɖe gliwo ŋu kple xɔwo ƒe ʋɔtruwo nu la, le nu ƒom le ŋuwò. Wole gbɔgblɔm le wo nɔewo dome, ame sia be, ame kemɛ hã be: ‘Miva se nya si tso Aƒetɔ gbɔ na mí la ɖa.’