Ezekiel 33:7 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“Ame vi, mewɔ wò gbetakpɔla na Israel ƒe aƒe la, eya ta se nya si magblɔ la, eye nàna nuxɔxlɔ̃ wo tso gbɔnye.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Amevi, wòe metsɔ ɖo gbetakpɔla na Israel ƒe aƒe la be, ne èse nyaa ɖe tso nunye me la, naxlɔ̃ nu wo nam.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Eya ta wò amegbetɔ vi, wòe nye Israel-dukɔ la ŋu dzɔla. Ne èse nya aɖe tso nunye me la, nàgbe nya na wo nam.