Ezekiel 34:10 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Alea Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: ‘Metso ɖe alẽkplɔlawo ŋu, eye mana woana akɔnta tso nye alẽha ŋu. Mana woadzudzɔ alẽawo kpɔkplɔ ale be, alẽkplɔlawo magate ŋu ana nuɖuɖu wo ɖokuiwo o. Maɖe nye alẽha tso woƒe nu me, eye womaganye nuɖuɖu na wo o.’
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, maƒo ɖe lãkplɔviawo dzi, eye mabia nye alẽwo tso wo si me, mana be, womagakpɔ nye alẽwo dzi azɔ o, eye lãkplɔviawo maganyi woawo ŋutɔ ɖokui azɔ o, maɖe nye alẽwo le ve me na wo, be womaganye nuɖuɖu na wo azɔ o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Aƒetɔ Mawu be: Kpɔ ɖa, metso ɖe alẽkplɔlawo ŋu, eye mabia nye alẽawo ƒe akɔnta tso wo si me, eye mana woadzudzɔ nye alẽawo nyinyi. Alẽkplɔlaawo magakpɔ wo ɖokui dzi azɔ o. Maɖe nye alẽawo le woƒe nu me, be womaganye woƒe nuɖuɖu azɔ o.”