Ezekiel 34:16 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Madi nye alẽ bubuawo, eye makplɔ mɔtralawo agbɔe. Mabla abi na esiwo nu vevi wɔ, mado ŋusẽ esiwo gbɔdzɔ, ke mawu esiwo da ami kple esiwo nye lãmesẽtɔwo la. Makpɔ nye alẽawo dzi kple dzɔdzɔenyenye.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Madi esiwo bu, eye makplɔ tsiwo ka hlẽ la agbɔe, mabia abi na esiwo ŋe ala, eye maɖo ŋusẽ esiwo ƒe lãme gblẽ, makpɔ esiwo da ami, kple esiwo ƒe lãme sẽ la ta, eye manyi wo, abe alesi dze ene.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Madi esiwo bu la, eye esiwo tra mɔ la, makplɔ wo va kpɔ me. Esiwo ƒe ata ŋe la, mablae na wo, eye mado ŋusẽ esiwo gbɔdzɔ la. Makpɔ esiwo da ami kple esiwo ŋu ŋusẽ le la ta. Manyi wo kple ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe.”