Ezekiel 34:18 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ɖe mesɔ gbɔ na mi be miaɖu gbe le lãnyiƒe damawo oa? Ɖe wòle be miatu afɔ miaƒe lãnyiƒe si susɔ la dzia? Mesɔ gbɔ na mi be miano tsi nyui oa? Ɖe wòle be miatsɔ miaƒe afɔ ablu ba ɖe tsi si susɔ la mea?
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Esi miele gbe ɖum le lãnyiƒe nyui la, nu tsɛ ko wònye na mi, hafi mienyã avuzi le miaƒe gbe mamlea dzia? Eye esi miele tsi zɔzrɔ̃e nom la, nu tsɛ ko wònye na nu, hafi mietsɔ afɔ blu mamlea,
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ɖe menyo na mi be mieɖu gbe le gbeɖuƒe nyui o tae, mienya avuzi le miaƒe gbe mamlɛawo dzia? Alo ɖe medze mia ŋu be mieno tsi zɔzrɔ̃e o tae, mieblu miaƒe tsi mamlɛa kple miaƒe afɔwoa?