Ezekiel 34:25 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“ ‘Mabla ŋutifafa ƒe nu kpli wo, eye maɖe lã wɔadãwo ɖa le anyigba la dzi, ale be woanɔ gbegbe, eye woadɔ alɔ̃ le avewo me le dedinɔnɔ me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Mabia ŋutifafa ƒe nu kpli wo, eye matsrɔ̃ lã vɔ̃ɖiwo ɖa le anyigba dzi, ne woanɔ gbegbe aɖe dzi ɖi, eye woatsi avewo me adɔ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Mabla ŋutifafa nu kpli wo, eye manyà lã wɔadãwo katã ɖa le anyigba la dzi. Ale be woanɔ dedie le gbegbe, eye woatsi avewo me adɔ.