Ezekiel 34:27 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Atiwo le gbedzi atse ku, eye anyigba ana nuku nyuiwo, eye amewo anɔ dedie le woƒe anyigba dzi. Woanya be nyee nye Yehowa, ne meŋe woƒe kɔkutimegawo, eye meɖe wo tso ame siwo wɔ wo kluviwoe la ƒe asi me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Gbemeti atse ku, anyigba awu nu, eye woano woƒe anyigba dzi aɖe dzi ɖi, ne wòadze sii be, nyee nye Yehowa, ne meŋe woƒe kɔkuti, eye meɖe wo tso amesiwo wonye kluvi na la si me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Gbemetiwo atse ku, eye anyigba awɔ nu, amewo anɔ dedie le woƒe anyigba dzi. Woadze sii be, nyee nye Aƒetɔ, ne meŋe woƒe kɔkuti, eye meɖe wo tso ame siwo wɔ wo kluviwoe la si me.