Ezekiel 34:30 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ekema woanya be nye, Yehowa, woƒe Mawu la meli kpli wo, eye woawo, Israel ƒe aƒe la me tɔwo, nye nye amewo. Aƒetɔ Yehowae gblɔe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wòadze sii be, nye Yehowa, woƒe Mawu la, meli kpli wo, eye woawo, Israel ƒe aƒe la, wonye nye dukɔ, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Woadze sii be, nye Aƒetɔ, woƒe Mawu la, meli kpli wo. Woawo Israel-dukɔ lae nye nye dukɔ. Aƒetɔ Mawu ye gblɔe.