Ezekiel 34:4 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Miedo ŋusẽ alẽ siwo gbɔdzɔ o, mieda gbe le alẽ siwo dze dɔ la ŋu o, eye miebla abi na esiwo nu vevi wɔ o. Miekplɔ esiwo tra mɔ la gbɔe o, eye miedi esiwo bu o. Miekplɔ wo kple dzimagbɔɖi, eye miewɔ funyafunya wo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Miedo ŋusẽ lã kudɔewo o, eye mieyɔ do esiwo ƒe lãme gblẽ o, miebla abi na esiwo ŋe ata o, miegbugbɔ esiwo ka hlẽ la gbɔe o, eye miedi esiwo bu la o, ke boŋ mieɖu amegã ɖe wo dzi kple sesẽ, eye miesẽ ŋuta le wo ŋu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Miedo ŋusẽ lã siwo gbɔdzɔ la o. Mieda gbe le esiwo dze dɔ la ŋu o. Miebla ataŋeŋetɔwo ƒe atawo na wo o. Mietrɔ esiwo tra mɔ la va lãkpɔ me o. Miedi esiwo bu la o. Ke mietsɔ dzizizi kple ŋutasesẽ ɖu wo dzii.