Ezekiel 35:6 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
eya ta meta ɖokuinye ƒe agbe, Aƒetɔ Yehowae gblɔe, be matsɔ wò ade asi na ʋukɔkɔɖi, eye wòanɔ wò yome. Esi mèlé fu ʋukɔkɔɖi o ta la, ʋukɔkɔɖi akplɔ wò ɖo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
eyata ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Meta ɖokuinye ƒe agbe: Ne nyematsɔ wò awɔ ʋui, eye ʋu nati yowòme o fi! Ʋuhlɔ̃e nèdo, eyata ʋu ati yowòme!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Aƒetɔ Mawu be: Zi ale si mele agbe la, mana nànɔ mɔ kpɔm na ʋu, eye ʋue anɔ yowòme. Elabe èkɔ ʋu ɖi, eye ʋue akplɔ wò ɖo.