Ezekiel 36:21 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Metsi dzi ɖe nye ŋkɔ kɔkɔe la ŋu, ŋkɔ si Israel ƒe aƒe la do gui le dukɔ siwo me woyi la ŋkume.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete wòvem le nye ŋkɔ kɔkɔe, si Israel-viwo do gui le dukɔwo dome, afisi woyi la ta.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke metsi dzi ɖe nye ŋkɔ kɔkɔe si Israel-dukɔ la na wogblẽ le dukɔ siwo dome wova la ta.”