Ezekiel 37:16 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“Ame vi, tsɔ ati aɖe, eye nàŋlɔ ɖe edzi be, ‘Enye Yuda kple Israelvi siwo dea ha kplii la tɔ.’ Emegbe la, nàtsɔ ati bubu, eye nàŋlɔ ɖe edzi be, ‘Efraim ƒe ati, enye Yosef kple Israel ƒe aƒe siwo katã dea ha kplii la tɔ.’
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Amevi, tsɔ ati naŋlɔ nu ɖe edzi be: „Yuda kple Israel-vi, siwo wɔ ɖeka kplii la tɔe.“ Eye gatsɔ ati bubu naŋlɔ nu ɖe edzi bena: „Yosef, si nye Efrayim ƒe ali, kple Israel ƒe aƒe blibo, si wɔ ɖeka kplii la tɔe.“
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Amegbetɔ vi, tsɔ ati, eye nàŋlɔ nu ɖe edzi be: ‘Yuda kple Israelvi siwo wɔ ɖeka kplii la tɔe’. Ekema nàgatsɔ ati bubu, eye nàŋlɔ ɖe edzi be: ‘Yosef (Efrayim ƒe ati) kple Israel-dukɔ blibo la si wɔ ɖeka kplii la tɔe.’