Ezekiel 37:21 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
eye nàgblɔ na wo be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Maɖe Israelviwo ɖa tso dukɔ siwo me woyi la me. Maƒo wo nu ƒu tso teƒeawo katã, eye makplɔ wo ava woawo ŋutɔ ƒe anyigba dzi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
eye nagblɔ na wo bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, maɖakplɔ Israel-viwo atso dukɔwo dome, afisi woʋu yi, eye maƒo wo nu ƒu atso goawo katã me ava woƒe anyigba dzi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
ekema gblɔ na wo be, Aƒetɔ Mawu be: Kpɔ ɖa, makplɔ Israelviwo tso dukɔ siwo dome woyi la, aƒo wo nu ƒu tso akpa sia akpa, eye makplɔ wo ava woawo ŋutɔ ƒe anyigba dzi.