Ezekiel 37:9 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Eye wògblɔ nam be, “Gblɔ nya ɖi na ya, gblɔ nya ɖi, Ame vi, eye nàgblɔ nɛ be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si. Va, o, gbɔgbɔ, va tso ya eneawo me, eye nàgbɔ ɖe ame siwo wowu la me be woagbɔ agbe.’ ”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete wògblɔ nam bena: Gblɔ nya ɖi do ɖe gbɔgbɔ, amevi, gblɔ nya ɖi, eye nagblɔ na gbɔgbɔ bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Gbɔgbɔ tso ya eneawo gbɔ nava, agbɔ ɖe ame kuku siawo me, ne woagbã agbe!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tete wògblɔ nam be: “Amegbetɔ vi, ɖe gbeƒã ɖo ɖe gbɔgbɔ la. Ɖe gbeƒã ɖo ɖe gbɔgbɔ la be, Aƒetɔ Mawu be: Gbɔgbɔ, do va tso ya eneawo me, va gbɔ ɖe ame kuku siawo me ne woate ŋu agbɔ agbe.”