Ezekiel 38:13 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Seba kple Dedan kple Tarsis ƒe asitsalawo kple eƒe kɔƒewo me nɔlawo katã woagblɔ na wò be, “Ɖe nèva be yeaha mía? Ɖe nèkplɔ wò amewo vɛ be woaha mí, woatsɔ klosalo kple sika kple kesinɔnuwo kple afunyinuwo adzoea?”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Seba, Dedan kple Tarsis ƒe asitsalawo kpakple woƒe dzatawo katã agblɔ na wò be: Ɖe nèva, be naha nu, eye ɖe neƒo wò amehawo nu ƒu, be naɖe aboyo nu, nalɔ klosalo kple sika ahatsɔ lãwo kple kesinɔnuwo adzoe, eye naxa nu geɖewoa?
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Seba, Dedan kple Tarsis ƒe asitsalawo kpakple woƒe du viwo katã abia wò be: ‘Aboyonu ha ge nèvaa? Ɖe nèƒo ƒu wò amehawo be nàva ɖe aboyo nuwo atsɔ klosalo kple sika, nyihawo kple adzɔnuwo adzoe ahaɖo asi nu geɖewo dzia?’ ”