Ezekiel 38:20 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ƒumelãwo, dziƒoxeviwo, gbemelãwo, nu gbagbe ɖe sia ɖe si tana le anyigba, eye ame siwo katã le anyigba dzi la adzo nyanyanya le nye ŋkume. Towo atrɔ abu, agakpewo atu wɔ, eye gli ɖe sia ɖe amu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ƒumelãwo kple dziƒoxewo, gbemelãwo kple nutata, siwo katã tana le anyigba dzi, kpakple amegbetɔ, siwo katã le anyigba dzi la, adzo kpekpekpe le ŋkunye me, towo aŋe adze eme, agakpewo amũ, eye gliwo katã amũ adze anyi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ƒumelãwo kple dziƒoxeviwo, gbemelãwo kple lã siwo katã tana le anyigba dzi kpakple amegbetɔ siwo katã le anyigba dzi la, adzo nyànyanya le ŋkunye me. Towo amu dze anyi, agakpewo aglí, eye gli ɖe sia ɖe amu dze anyi.