Ezekiel 38:8 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Le ŋkeke geɖewo megbe la, woabia tso asiwò be, nàbla akpa hena aʋawɔwɔ. Le ƒe siwo gbɔna me la, àho aʋa ɖe anyigba aɖe si vo tso aʋawɔwɔ me la ŋu, woƒo eƒe amewo nu ƒu tso dukɔ geɖewo me ɖe Israel ƒe to siwo nye gbegbe ɣeyiɣi didi aɖe la dzi. Woɖe wo tso dukɔwo me, eye azɔ la, wo katã wole dedie.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Le ɣeyiɣi geɖe megbe la woade se na wò! Le ƒewo ƒe nuwuwu la ayi anyigba, si vo tso yi si me la dzi, dukɔ, si woƒo ƒu tso dukɔ geɖewo dome wole Israel-to, siwo nye gbegbe eteƒe didi la dzi, dukɔ, si wokplɔ tso dukɔwo dome, eye wo katã woli ɖe dzi ɖi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Le ŋkeke geɖewo megbe la, woayɔ mi. Le ƒè siwo akplɔe ɖo me la, àho ɖe anyigba si dzi aʋa ke le la ŋu. Anyigba sia dzie wokplɔ ame tso dukɔ vovovowo me va da ɖe Israel-towo dzi, teƒe si nye gbegbe ɣeyiɣi didi aɖe. Wokplɔ eƒe amewo tso dukɔwo dome, eye azɔ la wo katã woli dedie.