Ezekiel 39:10 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Mahiã wo be woafɔ nake le gbedzi loo alo alãe le avewo me o, elabena woawɔ aʋawɔnuwo ŋu dɔ abe dzodonuwo ene. Emegbe la, woada adzo ame siwo da adzo wo, eye woaha ame siwo ha wo. Aƒetɔ Yehowae gblɔe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Womatsɔ nake atso gbe me vɛ o, eye womafɔe le avewo me hã o, ke boŋ aʋawɔnuwo woatso ado dzoe; woada adzo amesiwo da adzo wo, eye woaha wo halawo, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ale be magahiã be woaɖafɔ nake le gbe me loo, alo atso atiwo le avewo me na nake o. Elabe aʋawɔnuawoe woatsɔ ado dzoe. Woada adzo ame siwo da adzo wo eye woaha ame siwo ha wo la.” Aƒetɔ Mawu ye gblɔe.