Ezekiel 39:11 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“ ‘Gbe ma gbe la, mana ameɖiƒe Gog le Israel le ame siwo zɔa mɔ yia ɣetoɖoƒe, ɖoa ta Atsiaƒu la gbɔ la ƒe balime. Axe mɔ na mɔzɔlawo, elabena woaɖi Gog kple eƒe ameha la katã ɖe afi ma. Ale woayɔe be Hamɔn Gog ƒe balime.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ɣemaɣi la mana teƒea ɖe Gog ɖe Israel-nyigba dzi, si nye Abarim-bali me la le atsiaƒu ƒe ɣedzeƒe gome; woaxe Abarim-bali la ƒe mo, eye afima woadi Gog kple eƒe amehawo katã ɖo, eye woayɔe be „Gog ƒe amehawo ƒe balime“.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Gbe ma gbe la, mana teƒe si woaɖi Gɔg ɖo le Israel, ɖe Mɔzɔlawo ƒe Bali la me, le atsiaƒu ƒe ɣedzeƒe gome. Axe mɔ na mɔzɔlawo, elabe afi mae woaɖi Gɔg kple eƒe amehawo gbogboawo ɖo. Woayɔe be Hamon-Gɔg Bali la.